Acts 24

Wodrɔ ʋɔnu Paulo le Gɔvina Felike ŋkume

1Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Osɔfogã Anania kple eŋumewo yi Kaisarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu woe nye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo. 2Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be,

“Amegã bubutɔ Felike, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o.
3Míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzime ke le esia ta. 4Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o eya ta mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko. 5Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔe wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexeame katã godoo be woatsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya koe nye habɔbɔ si woyɔna be Nazaretitɔwo la ƒe kplɔla ɖeka.

6“Nu si gavlo wu lae nye be, edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée. 7Ɖe míebe míawɔ fui abe ale si dze ene hafi asrafowo ƒe amegã, Lisia, va xɔe le mía si sesẽtɔe ale be woadrɔ̃ ʋɔnui le Roma se la nu. 8Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”

9Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.

10Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Mɔmefiagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu.

Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò.
11Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me. 12Ame siwo le nunye tsom le mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔme alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o. 13Le nya si wotsɔ ɖe nufiafia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o.

14“Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ de nyagblɔdigbalẽawo me la dzi se. 15Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me. 16Eye le esia ta la, medze agbagba wɔa nye ŋusẽ katã ŋutidɔ be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”

17Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe eye metro va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu eye masa vɔ na Mawu hã. 18Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔa me, melũ ta pɛpɛpɛ abe ale si wòle seawo nu ene, eye menɔ nye nunana ƒe vɔsa wɔm. Ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o. 19Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Terki, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣemaɣi. 20Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ se be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe vodada kae wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ 21medze be magblɔ hafi o koe enye be ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia mee nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!’”

22Felike nyae nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia, nava hafi yeatso nya la me. 23Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme.

24Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Felike kple srɔ̃a, Drusila, ame si nye Yudatɔ la va eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de tome na Felike srɔ̃a nyuie. 25Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la vɔvɔ̃ ɖo Felike eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la yeagaɖo ame ɖee.

26Felike nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii. 27Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la woɖe Felike le afi ma hetsɔ Porkio Festo ɖo eteƒe. Le esi Felike di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.

Copyright information for EweBEE